Luke 21

Ahosi aɖe ƒe nudzɔdzɔ

(Marko 12:41-44)

1Esi Yesu nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la me la, enɔ ŋku lém ɖe ale si kesinɔtɔwo le woƒe nunanawo dam ɖe nudzɔɖaka la me dadatɔe ŋuti. 2Ke ekpɔ ahosi dahe aɖe hã va eye woda pesewa eve ko ɖe nua me.

3Yesu kpɔe dũ eye wògblɔ be, “Le nyateƒe me ne wotsɔ nunalawo katã ƒe nunanawo ƒo ƒui la, ahosia ƒe nunana sɔ gbɔ sã wu wo tɔ. 4Elabena nenem gatɔ siawo tsɔ nu si womehiã o la ƒe sue aɖe ko vana eye togbɔ be ahosi sia, da ahe alea hã la, etsɔ nu sia nu si le esi la na faa.”

Nyagblɔɖi tso gbedoxɔ la gbagbã

(Mateo 24:1-2; Marko 13:1-2)

5Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo nɔ nu ƒom le atsyɔ̃ gã si woɖo na gbedoxɔ la ŋuti. Wokpɔ ŋudzedze le nɔnɔmetata siwo wota ɖe gliawo ŋu kple akpedanunana vovovo siwo wotsi ɖe gliawo ŋu la ŋu ŋutɔ.

6Yesu gblɔ na wo be, “Ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Nu sia nu akaka azu kpo kɔkɔ aɖe ɖe afi si gbedoxɔa le.”

Dzesiwo kple yometitiwo

(Mateo 24:3-14; Marko 13:3-13)

7Wo katã wodo ɣli biae be, “Aƒetɔ! Ɣekaɣie esiawo ava eme? Dzesi kae ado ŋgɔ na nu siawo?”

8Eɖo ŋu na wo be, “Migana be ame aɖeke naflu mi o! Elabena ame geɖewo ava aɖe gbeƒã be yewoe nye Mesia la, eye woanɔ gbɔgblɔm be, ‘Ɣeyiɣi ɖo azɔ.’ Gake migaxɔ wo dzi se o! 9Eye ne miese be aʋa dzɔ eye ʋunyaʋunyawo hã dze egɔme la, dzidzi megaƒo mi o. Nyateƒe ele be aʋawo nadzɔ, gake nuwuwua mava enumake o. 10Elabena dukɔ atsi tre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe akpe akɔ kple fiaɖuƒe. 11Anyigba aʋuʋu sesĩe le teƒewo, eye dɔ ato vevie le teƒe bubuwo hã. Dɔvɔ̃ geɖewo akaka ɖe xexeame, eye nu dziŋɔ geɖewo ado ɖe dziƒo ŋu.

12“Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woati mia yome vevie eye woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple gɔvina gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye. 13Nu siawo anye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na mi be miaɖi ɖase le ŋunye na wo be woanya Mesia la nyuie eye woatsɔ bubu tɔxɛ nɛ. 14Eya ta migatsi dzi le ale si miawɔ aʋli mia ɖokuiwo ta nenye be wotsɔ nya ɖe mia ŋu la o, 15elabena mana nunya mi eye made nya siwo katã miagblɔ la nu me na mi ale be ame aɖeke mate ŋu atsi tre ɖe nu siwo miagblɔ la ŋu o. 16Azɔ ame siwo nye miawo ŋutɔ ŋutimewo, abe mia dzilawo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple xɔlɔ̃ veviwo ene la ade mi asi eye woana woava lé mi, eye woawu mia dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. 17Ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo ta. 18Gake le nyateƒe me la, miaƒe taɖa ɖeka pɛ hã matsrɔ̃ o. 19Elabena ne miele tsitre sesĩe la, ekama miaƒe luʋɔwo akpɔ ɖeɖe.

Nyagblɔɖi tso Yerusalem ƒe aƒedozuzu ŋuti

(Mateo 24:15-21; Marko 13:14-19)

20“Nenye be miekpɔ asrafowo woƒo xlã Yerusalem dua la, ke minyae be dua gbãɣi ɖo vɔ. 21Ekema mina ame siwo le Yudea la nasi ayi togbɛwo dzi eye ame siwo le Yerusalem la nadze agbagba asi, ke ame siwo le dua godo la megate kpɔ be yewoatrɔ ayi dua me o. 22Ŋkeke siawoe nya si nyagblɔɖila xoxoawo katã gblɔ da ɖi la ava eme pɛpɛpɛ. 23Ke, baba na nyɔnu siwo ƒo fu le kple ame siwo si vidzĩ fɛ̃wo le, elabena nuxaxa geɖe ava anyigba sia dzi eye Mawu ƒe dɔmedzoe ava dukɔ sia dzi. 24Woawu wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexeme dukɔ bubuwo mee. Trɔ̃subɔlawo aɖu Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be wòaɖo asi Trɔ̃subɔla siawo dzi.”

Yesu gblɔ nya le eƒe vava zi evelia ŋuti

(Mateo 24:29-31; Marko 13:24-27)

25“Azɔ la nu dziŋɔwo ado ɖe yame esiwo ana nyanya mi. Dzesi dziŋɔwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me. Le anyigba dzi afi sia la, ʋunyaʋunya ava dukɔwo me eye woatɔtɔ elabena atsiaƒu aɖe gbe sesĩe eye ƒutsotsoewo aŋe ŋɔdzitɔe. 26Ame geɖewo abu mɔkpɔkpɔ le nu dziŋɔ̃ siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe aʋnyigba sia dzi ta, elabena dziƒowo ŋutɔ ƒe ŋusẽ kura aʋuʋu sesĩe. 27Ale ame siwo le anyigba dzi la akpɔ nye Mesia la manɔ alilikpowo dzi gbɔna le ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe me. 28Eya ta ne nu siawo katã le dzɔdzɔm la, minɔ te sesĩe eye mianɔ ŋudzɔ elabena ɣeyiɣia ɖo vɔ be woaɖe mi.”

Nufiame tso gboti ŋu

(Mateo 24:32-35; Marko 13:28-31)

29Azɔ edo lo sia na wo be, “Mikpɔ aŋutiti kple ati bubuawo katã ɖa 30ne woto aŋgbawo la, miakpɔe adze sii le mia ɖokui si be dzomeŋɔli le ɖoɖom.” 31Nenema ke nenye be miekpɔ be nu siwo megblɔ na mi le eme vam la, minyae be mawufiaɖuƒe la te tu aƒe.

32“Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, dzidzime sia anɔ agbe akpɔ nu siawo teƒe pɛpɛpɛ hafi aku. 33Eye togbɔ be dziƒo kple anyigba nu ava yi hã la, nye nyawo anye nyateƒenya anɔ anyi tegbtegbe.

Nuxɔxlɔ̃ hena ŋudzɔnɔnɔ

34“Mikpɔ nyuie, be nutsuɖuɖu, ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe agbemenyawo ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkekea naɖi ɖe mi abe ale si mɔ̃ ɖea ame ene o. 35Elabena adze ame siwo katã le anyigba dzi la dzi kpoyi. 36Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi ava gbɔnye o.”

37Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me gbe sia gbe, eye le fiẽ si la etrɔna yia Amito la dzi, afi si wòdɔna le zã me, 38eye ameha la katã ƒoa ƒu ŋdi sia ŋdi be yewoaɖo to eƒe nufiafia.

Copyright information for EweBEE